Agbenya La 2020
|
| 1 |
| Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome. |
| 2 |
| Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti. |
| 3 |
| Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee. |
| 4 |
| Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla. |
| 5 |
| Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe. |
| 6 |
| Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo. |
| 7 |
| Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii, |
| 8 |
| elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me. |
| 9 |
| Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu. |
| 10 |
| Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/111.mp3
150
111