Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie. |
| 2 |
| Ŋusẽ anɔ viawo ŋu le anyigba dzi, eye woayra dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe ƒome. |
| 3 |
| Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee. |
| 4 |
| Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me. |
| 5 |
| Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu. |
| 6 |
| Elabena ke maɖe le ete akpɔ o tegbee; ame dzɔdzɔe anɔ anyi hena ŋkuɖoɖodzi tegbee. |
| 7 |
| Nya vɔ̃ sesea ɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu. |
| 8 |
| Dzi le eƒo mavɔ̃ o, vaseɖe esime wòakpɔ eƒe ketɔwo ta ɖa. |
| 9 |
| Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me. |
| 10 |
| Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/112.mp3
150
112