×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 114

1
Esime Israel ʋu tso Egipte, Yakob ƒe dzidzimeviwo ʋu tso fiafialawo ƒe anyigba dzi la,
2
Yuda zu eƒe kɔkɔeƒe, Israel zu eƒe dziɖuƒe.
3
Atsiaƒu kpɔe sí dzo, Yordan gbugbɔ ɖe megbe.
4
Towo ti kpo abe agbowo ene, togbɛwo abe alẽviwo ene.
5
O atsiaƒu, nu kae wɔ wò nèsí? O Yordan, nya kae dzɔ nètrɔ dzo?
6
O towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene? O togbɛwo, nu ka ta mieti kpo abe alẽviwo ene?
7
Anyigba, dzo nyànyanya le Aƒetɔ ŋkume, le Yakob ƒe Mawu la ŋkume!
8
Eyae trɔ agakpe wòzu tá, kpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes