Agbenya La 2020
|
| 1 |
| Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam. |
| 2 |
| O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me. |
| 3 |
| O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò, eye nu ka wòatsɔ akpee na wò? |
| 4 |
| Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti. |
| 5 |
| Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me! |
| 6 |
| Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa la dome wòdidi fũu akpa. |
| 7 |
| Ŋutifafamee menye, gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/120.mp3
150
120