Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o, |
| 2 |
| esime amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o la, |
| 3 |
| anye ne womi mi agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu; |
| 4 |
| anye ne tɔ ɖe mí, eye tɔsisi si to míaƒe luʋɔ dzi; |
| 5 |
| anye ne tɔ dzeagbowo si to míaƒe luʋɔ dzi. |
| 6 |
| Woakafu Yehowa, be metsɔ mí wɔ adelã na woƒe aɖuwo o. |
| 7 |
| Míaƒe luʋɔ le abe xevi, si le mɔtrela ƒe mɔ̃ka me la ene; mɔ̃ka la lã, eye míawo míesi. |
| 8 |
| Míaƒe xɔname le Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/124.mp3
150
124