EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Ame siwo ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, le abe Zion-to si womate ŋu aʋã o, eye wòli tegbee la ene. |
| 2 |
| Ale si towo ƒo xlã Yerusalem va kpe ɖo la, nenema Aƒetɔ ƒo xlã eƒe dukɔe, tso fifia yi ɖe mavɔ me. |
| 3 |
| Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fiatikplɔ manɔ te ɖe anyigba si wotsɔ na ame dzɔdzɔewo la dzi o. Ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ade asi nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. |
| 4 |
| Aƒetɔ, wɔ nyui na ame nyuiwo kple ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe le dzime. |
| 5 |
| Ke ame siwo dze ɖe woawo ŋutɔ ƒe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Aƒetɔ akplɔ wo akpe ɖe nuvɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel! |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/125.mp3
150
125