×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 126

1
Esime Aƒetɔ gbugbɔ Zion ƒe nunyonamewo ɖo te la, míenɔ abe ame siwo ku drɔ̃e ene.
2
Tete míeko nu kakaka, do aseyetsoɣli. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be: “Aƒetɔ wɔ nu gãwo na woamawo.”
3
Aƒetɔ wɔ nu gãwo na mí; dzi le mía dzɔm!
4
Aƒetɔ, gbugbɔ míaƒe nunyonamewo ɖo te na mí, abe ale si nènaa tɔʋu gaɖɔna le anyigbemekegbegbe la ene.
5
Na ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, naŋe nu kple aseyetsoɣli!
6
Ame si le avi fam tsɔ nuku yina ƒaƒã ge la, agbɔ va aƒe kple aseyetsoɣli, atsɔ eƒe lu bablawo agbɔe.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes