Agbenya La 2020
|
| 1 |
| Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi. |
| 2 |
| Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome. |
| 3 |
| Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. |
| 4 |
| Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae. |
| 5 |
| Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze. |
| 6 |
| Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/128.mp3
150
128