×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Psalmowo 129

1
Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,
2
zi geɖe woxaxam ɖo tso nye ɖekakpui me, ke womede nunye o.
3
Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye mẽdome, eye wodze boliƒo lebe.
4
Ke Yehowa nya dzɔdzɔetɔ, elã ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo.
5
Ŋu akpe amesiwo le fu Zion, eye woagbugbɔ ɖe megbe.
6
Woana abe xɔtagbe, si yrɔna hafi woava yi eho ge ene,
7
si meyɔa nuŋela ƒe asiƒome alo nublala ƒe abɔdome o!
8
Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Save Notes