EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Aƒetɔ, ɖo ŋku David dzi, ne nàwɔ nyui nɛ, le fu siwo katã wòkpe la ta; |
| 2 |
| ale si wòka atam na Aƒetɔ, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be: |
| 3 |
| “Nyemage ɖe nye aƒeme loo, alo amlɔ anyi ɖe nye aba dzi o; |
| 4 |
| nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃ alo maɖo aɖaba aɖaba dzi adɔ akɔlɔ̃e o; |
| 5 |
| va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Aƒetɔ, nɔƒe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la.” |
| 6 |
| Míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe. |
| 7 |
| “Mina míayi enɔƒe; mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.” |
| 8 |
| Aƒetɔ, tso, ne nàyi ɖe wò gbɔɖemeƒe la; wò kple nubablaɖaka, wò ŋusẽ la. |
| 9 |
| Na wò nunɔlawo nado nu dzɔdzɔe wɔwɔ abe awu ene, eye na wò ame kɔkɔewo natso aseye. |
| 10 |
| Le wò dɔla David ta, mègatrɔ megbe de wò amesiamina la o. |
| 11 |
| Aƒetɔ ka atam na David, eka ɖe edzi nɛ, eye matrɔe o be: “Wò alimeviŋutsuwo dometɔ ɖeka matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi. |
| 12 |
| Ne viwòwo lé nye nubabla kple nye ɖaseɖiɖi siwo mafia wo la me ɖe asi la, mana wo viwo hã anɔ wò fiazikpui dzi tegbee.” |
| 13 |
| Elabe Aƒetɔ tia Zion; edi be wòanye nɔƒe na ye. |
| 14 |
| Ebe: “Afi sia anye nye gbɔɖemeƒe tegbee; afi siae manɔ elabe eyae medi. |
| 15 |
| Mayra nuɖuɖu na wo fũu; mana woƒe ame dahewo aɖu nu aɖi ƒo. |
| 16 |
| Maxɔ woƒe nunɔlawo ɖe agbe, eye woƒe ame kɔkɔewo atso aseye. |
| 17 |
| Gama David ato dzo le; medzra akaɖi ɖo ɖi na nye amesiamina la. |
| 18 |
| Eƒe futɔwo la, mado ŋukpe wo; ke mana eƒe fiakuku naklẽ le eta.” |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/132.mp3
150
132