×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 135

1
Mikafu Aƒetɔ! Mikafu Aƒetɔ ŋkɔ! Mi Aƒetɔ ƒe dɔlawo, mikafui!
2
Mi ame siwo tsia tsitre ɖe Aƒetɔ ƒeme, ɖe mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo!
3
Mikafu Aƒetɔ elabe Aƒetɔ nyo. Midzi ha kafu eŋkɔ, elabe evea ame nu.
4
Elabe Aƒetɔ tia Yakob na eɖokui, etia Israel wòzu eya ŋutɔ tɔ.
5
Elabe menyae be Aƒetɔ lolo, eye mía Aƒetɔ ƒo mawuwo katã ta.
6
Nu sia nu si dze Aƒetɔ ŋu la, eyae wòwɔna le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple gogloƒewo katã.
7
Eyae nana be alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eyae wɔa dzikedzo na tsidzadza, eye wòkplɔa yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
8
Eyae nye ame si wu nuwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte; amegbetɔwo tɔ kple lãwo tɔ siaa.
9
Egipte, eyae nye ame si ɖo dzesiwo kple nukunuwo ɖe dowòme, ɖe Egipte Fiagã la kple eƒe dɔlawo katã ŋu.
10
Eya ame si tsrɔ̃ dukɔ geɖewo, eye wòwu fia sesẽ siwo nye:
11
Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, Og, Basan-fia kple Kanaan-fiaɖuƒewo katã,
12
eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, domenyinui na eƒe dukɔ Israel.
13
Aƒetɔ, wò ŋkɔ li tegbee. Woaɖo ŋku wò ŋkɔxɔxɔ dzi tso dzidzime yi dzidzime.
14
Elabe Aƒetɔ atso afia na eƒe dukɔ, eye eƒe dɔ me atrɔ ɖe eƒe dɔlawo ŋu.
15
Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika; amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.
16
Nu li na wo; ke womeƒoa nu o. Ŋku li na wo; ke womekpɔa nu o.
17
To li na wo; ke womesea nu loo, alo gbɔa ya to nu me o.
18
Ame siwo wɔ wo le abe woawo ke ene! Ẽ, ame sia ame si ɖoa dzi ɖe wo ŋu la sɔ kple wo.
19
Israel-dukɔ, mikafu Aƒetɔ! Aron ƒe ƒome, mikafu Aƒetɔ!
20
Levi ƒe ƒome, mikafu Aƒetɔ! Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ, mikafu Aƒetɔ!
21
Woakafu Aƒetɔ tso Zion. Eya ame si le Yerusalem! Mikafu Aƒetɔ!
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes