|
| 1 |
|
| Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 2 |
|
| Mida akpe na mawuwoƒe Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 3 |
|
| Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 4 |
|
| Eya, amesi ɖeɖeko wɔa nukunuwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee! |
|
| 5 |
|
| Eya, amesi wɔ dziƒo de nunya me, elabena eƒe amenuveve li tegbee! |
|
| 6 |
|
| Eya, amesi keke anyigba de tsiwo dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 7 |
|
| Eya, amesi wɔ nu keklẽ gãwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 8 |
|
| ɣe naɖu ŋkeke dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 9 |
|
| ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 10 |
|
| Eya, amesi wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 11 |
|
| eye wòkplɔ Israel tso wo domee, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 12 |
|
| kple asi sesẽ kpakple abɔ, si wodo ɖe dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 13 |
|
| Eya, amesi mã Avaƒu ɖe eve, elabena eƒe amenuveve li legbee; |
|
| 14 |
|
| eye wòna Israel to wo domee yi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 15 |
|
| eye wòʋuʋu Farao kple eƒe aʋakɔ de Avaƒua me, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 16 |
|
| Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 17 |
|
| Eya, amesi si fia gãwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 18 |
|
| eye wowu fia xɔŋkɔwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 19 |
|
| Amoritɔwo ƒe fia Sixon, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 20 |
|
| Og, Basan-fia, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 21 |
|
| eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 22 |
|
| domenyinu na eƒe dɔla Israel, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 23 |
|
| Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; |
|
| 24 |
|
| eye wòɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 25 |
|
| Eya, amesi na nuɖuɖu ŋutilãwo katã, elabena eƒe amenuveve li tegbee. |
|
| 26 |
|
| Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee! |
|
|
|
|