Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o. |
| 2 |
| Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã? |
| 3 |
| Wo keŋ wote ɖe aga, wo kam tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o. |
| 4 |
| Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa? |
| 5 |
| Dzidzi ƒo wo ŋutɔ le afima, elabena Mawu le dzidzime dzɔdzɔe la dome. |
| 6 |
| Minɔ ŋukpe dom hiãtɔ ƒe adãŋudede la ko, ke Yehowa nye sitsoƒe nɛ. |
| 7 |
| Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel! |
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/014.mp3
150
14