Agbenya La 2020
|
| 1 |
| O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, |
| 2 |
| ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me, eye wodoa aʋa gbe sia gbe. |
| 3 |
| Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. |
| 4 |
| O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye. |
| 5 |
| Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. |
| 6 |
| O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli. |
| 7 |
| O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe. |
| 8 |
| O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o, eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o, ne menye nenema o la, woanɔ dadam. |
| 9 |
| Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi. |
| 10 |
| Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o. |
| 11 |
| Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi. |
| 12 |
| Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu. |
| 13 |
| Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/140.mp3
150
140