EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Aƒetɔ, se nye gbedodoɖa; lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu! Le wò nuteƒewɔwɔ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me la, tɔ nam! |
| 2 |
| Mègakplɔ wò dɔla yi ʋɔnui o, elabe agbagbe aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o. |
| 3 |
| Elabe futɔ la ti yonyeme; exlã nye agbe ɖe anyi. Ena mebɔbɔ nɔ viviti me abe ame siwo ku xoxoxo la ene. |
| 4 |
| Eya ta nu te nye gbɔgbɔ ŋu; nye dzi lulu ɖe menye. |
| 5 |
| Meɖoa ŋku blemaŋkekewo dzi; medea ŋugble le nu siwo katã nèwɔ la ŋu, mebua tame le wò asinudɔwɔwɔwo ŋu. |
| 6 |
| Mekea nye abɔwo me na wò. Nye luʋɔ le diwòm vevie abe kuɖiɖinyigbae le tsi dim ene. |
| 7 |
| Aƒetɔ, nètsɔ nàɖo tom; wɔna vɔ le nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o. Ne menye nenema o la, maɖi ame siwo yi aʋlime. |
| 8 |
| Na mase nu tso wò amenuveve ŋu le ŋdi elabe ŋuwòe mele dzi ɖom ɖo. Fia mɔ si mato lam elabe wòe mekɔ nye luʋɔ dzi na. |
| 9 |
| Aƒetɔ, ɖem tso nye futɔwo si me! Gbɔwòe mesí va bè ɖo. |
| 10 |
| Fia wò lɔlɔ̃nuwɔwɔm elabe wòe nye nye Mawu. Na wò gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to mɔ sɔsɔe dzi! |
| 11 |
| Aƒetɔ, le wò ŋkɔ ta, dzra nye agbe ɖo! Le wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta, ɖem tso xaxa me. |
| 12 |
| Xa ɖe wò amenuveve la ta nàɖe nye futɔwo ɖa, eye nàtsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabe wò dɔla menye. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/143.mp3
150
143