×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 148

1
Mikafu Aƒetɔ! Mikafu Aƒetɔ tso dziƒowo! Mikafui le kɔkɔƒewo!
2
Mi eƒe mawudɔlawo katã, mikafui! Mikafui, mi eƒe aʋakɔwo katã!
3
Ɣe kple ɣleti, mikafui! Mikafui, mi ɣletivi keklẽwo katã!
4
Mikafui, mi dziƒo ƒe dziƒowo kple mi tsi siwo le dziƒowo tame!
5
Mina woakafu Aƒetɔ ŋkɔ elabe eyae ɖe gbe, wowɔ wo.
6
Eɖo wo gɔme anyi tso mavɔ me yi mavɔ me. Eɖo liƒo si womate ŋu atrɔ o la na wo.
7
Mikafu Aƒetɔ tso anyigba dzi, mi ƒumelã dziŋɔwo, tɔwo ƒe globoƒewo katã;
8
dzo kple dzikpe, tsikpe kple afu kpakple ahom si wɔa eƒe gbe dzi!
9
Mikafui, mi towo kple togbɛwo katã, kutsetsetiwo kple sedertiwo katã;
10
gbemelãwo kple nyihawo katã, nu tatawo kple xe dzodzoewo katã le anyigba dzi!
11
Mikafui, mi anyigba dzi fiawo kple dukɔwo katã, amegãwo kple dziɖulawo katã le anyigba dzi;
12
ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo ƒo ƒu, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa!
13
Mina woakafu Aƒetɔ ŋkɔ! Elabe eya ŋkɔ koe de dzi; eƒe gãnyenye gbɔ anyigba kple dziƒo ŋu yi.
14
Ekɔ dzo dzi na eƒe dukɔ. Kafukafu neɖi le eƒe ame kɔkɔewo katã, Israel, eƒe dukɔ si te ɖe eŋu la, nu! Mikafu Aƒetɔ!
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes