Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti! |
| 2 |
| Ŋkuwò me nye afiatsotso tsona; wòŋkuwo kpɔa nu tututu. |
| 3 |
| Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o. |
| 4 |
| Le emegbelɔwo ƒe nuwɔwɔwo me le metsɔ wò numenyawo kpɔ ɖokuinye dzi ɖe ŋutasẽlawo ƒe mɔwo ŋu. |
| 5 |
| Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò mɔwo dzi zã, eye ke meɖe le nye afɔwo te o. |
| 6 |
| Mawu, mele yɔwòm, elabena àtɔ nam; lé to ɖe ŋunye, eye nase nye nuƒoƒo! |
| 7 |
| Ɖe wò amenuveve fia nukutɔe, wò amesi nye xɔnametɔ na amesiwo sina le aglãdzelewo nu bena ɖe wò nuɖusi me la. |
| 8 |
| Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te |
| 9 |
| tso ame vɔ̃ɖi, siwo dze dzinye, kple nye futɔ, siwo nyrã de to ɖem la, si me. |
| 10 |
| Ami nye tsyɔ woƒe dzi, eye wotsɔa woƒe nu gblɔa dadanyawo. |
| 11 |
| Woɖe to ɖe mí le míaƒe afɔɖeɖewo katã me, eye woƒe ŋku le mía ŋu, be woaxlã mi ɖe anyi. |
| 12 |
| Woɖi dzata, si di be, yeavuvu nu, kple dzatavi, si be ɖi la. |
| 13 |
| Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi, |
| 14 |
| tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo. |
| 15 |
| Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/017.mp3
150
17