×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 2

1
Nu ka ta dukɔwo le ɖoɖo vɔ̃wo wɔm, eye dukɔwo le nugbe ɖom ɖe ya me?
2
Anyigba dzi fiawo tso, eye dziɖulawo ƒo ta kpli, de adaŋu ɖe Aƒetɔ kple eƒe amesiamina ŋu be:
3
“Mina míatso woƒe kɔsɔkɔsɔwo, eye míatu woƒe kawo ɖa le mía ɖokui ŋu.”
4
Ame si bɔbɔ nɔ dziƒowo la, le nu kom; Aƒetɔ le alɔ me ɖem le wo ŋu.
5
Tete wòaƒo nu na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me be:
6
“Meɖo nye fia ɖe Zion, nye togbɛ kɔkɔe la dzi.”
7
Maƒo nu tso Aƒetɔ ƒe sedede ŋu: Egblɔ nam be: “Vinyee nènye, egbeae medzi wò.
8
Bia tanye se, eye mawɔ dukɔwo wò domenyinui, eye anyigba ƒe mlɔenuwo azu tɔwò.
9
Àtsɔ gakpo agbã wo, eye àkaka wo abe zemela ƒe ze ene.”
10
Eya ta azɔ mi fiawo, midze nunya. Mi anyigba dziɖulawo, woɖo afɔ afɔta na mi hee!
11
Mitsɔ vɔvɔ̃ subɔ Aƒetɔ, mitsɔ dzodzo nyànyanya
12
gbugbɔ eƒe afɔ. Ne magado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ la me o; elabe eƒe dɔmedzoe flana kabakaba. Woyra ame siwo katã síi tso la.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes