Agbenya La 2020
|
| 1 |
| Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom? |
| 2 |
| Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu. |
| 3 |
| Wole gbɔgblɔm be, “Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te, eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.” |
| 4 |
| Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu. |
| 5 |
| Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be, |
| 6 |
| “Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” |
| 7 |
| Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la; Yehowa gblɔ nam be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbea mezu fofowò. |
| 8 |
| Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe. |
| 9 |
| Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.” |
| 10 |
| Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame. |
| 11 |
| Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me kple dzodzo nyanyanya. |
| 12 |
| Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/002.mp3
150
2