EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Aƒetɔ netɔ na wò le xaxagbe! Yakob ƒe Mawu la ŋkɔ nekpɔ tawò. |
| 2 |
| Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye nedo alɔ wò tso Zion! |
| 3 |
| Neɖo ŋku wò nuɖuɖuvɔsawo katã dzi, eye wò numemevɔsawo nedze eŋu. |
| 4 |
| Newɔ wò dzimedidi dzi na wò, eye wòana nàkpɔ ta na wò ɖoɖowo katã. |
| 5 |
| Míatso aseye le wò dziɖuɖu ta, eye míado aflagawo ɖe dzi le mía Mawu ŋkɔ me. Aƒetɔ neɖo wò biabiawo katã ŋu na wò. |
| 6 |
| Azɔ medze sii be, Aƒetɔ akpe ɖe eƒe amesiamina la ŋu. Atɔ nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la, eye wòana dziɖuɖuwoe ŋusẽtɔe to eƒe nuɖusi dzi. |
| 7 |
| Ame aɖewo tsɔa tasiaɖamwo ƒoa adegbee, eye ɖewo tsɔa sɔwo; ke míawo ya míetsɔa Aƒetɔ, mía Mawu la ŋkɔ ƒoa adegbee. |
| 8 |
| Woamu adze anyi; ke míawo ya míatso ɖe tsitre, adzɔ ka. |
| 9 |
| Aƒetɔ, na dziɖuɖu fia la; tɔ na mí, ne míeyɔ wò. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/020.mp3
150
20