×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 21

1
Aƒetɔ, fia la kpɔ dzidzɔ le wò ŋusẽ ŋu, eye wòle aseye tsom le wò xɔname ŋu ale gbegbe!
2
Èwɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ, eye mègbe nu si wòke nu bia wò la tsɔtsɔ nɛ o.
3
Elabe ètsɔ yayra siwo nye nu nyuiwo la va kpee, eye nèɖɔ sika nyuitɔ fiakuku ɖe ta nɛ.
4
Ebia agbe tso asiwò me, ènae; agbenɔŋkeke geɖewoe nènae tegbetegbee.
5
Eƒe bubu lolo to wò kpekpeɖeŋu me, atsyɔ̃ kple fianyenye nètsɔ na eyama.
6
Ẽ, èwɔe wònye yayra vavãtɔ tegbee. Èdo dzidzɔ nɛ, wòtsoa aseye le ŋkuwò me.
7
Elabe fia la ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amenuveve maʋã o.
8
Wò asi adi wò futɔwo katã alé, eye wò nuɖusi atu ame siwo lé fu wò.
9
Àwɔ wo abe kpodzo ene, ne èdo. Aƒetɔ ami wo le dɔmedzoe me, eye dzo afiã wo.
10
Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi kple wo viwo ɖa le amegbetɔ viwo dome.
11
Ne woɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò, ne woɖo nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe la, womakpɔ dzidzedze o.
12
Elabe àna woasí adzo, àtsɔ wò da adzidze wo ŋkume.
13
Aƒetɔ, ho kple wò ŋusẽ! Míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ!
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes