Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo. |
| 2 |
| Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã. |
| 3 |
| Ameka alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la? |
| 4 |
| Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta, |
| 5 |
| eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ kple dzɔdzɔenyenye tso eƒe xɔname ƒe Mawu la gbɔ. |
| 6 |
| Esia nye amesiwo biaa eta sena la ƒe ƒome, amesiwo dia wò, Yakob ƒe Mawu la, ƒe ŋku me. Sela. |
| 7 |
| Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mitɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! |
| 8 |
| Amekae henye bubufia la ma? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa aʋakalẽtɔ lae! |
| 9 |
| Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mifɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! |
| 10 |
| Ameka goe henye bubufia la? Yehowa Zebaot ye, eyae nye bubufia la! Sela. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/024.mp3
150
24