Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid tɔ. Yehowa, wòe mewu nye luʋɔ ɖe dzi na. |
| 2 |
| Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o! |
| 3 |
| Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ. |
| 4 |
| Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! |
| 5 |
| Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi. |
| 6 |
| Yehowa, ɖo ŋu wò nublanuikpɔkpɔ kple wò amenuveve, elabena woli tso tititi ke! |
| 7 |
| Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa! |
| 8 |
| Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena afiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo. |
| 9 |
| Enaa hiãtɔwo zɔa dzɔdzɔenyenye me, eye wòfiaa eƒe mɔ hiãtɔwo. |
| 10 |
| Yehowa ƒe toƒewo katã nye amenuveve kple nyateƒe na amesiame léa eƒe nubabla kple seawo me de asi. |
| 11 |
| Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ! |
| 12 |
| Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae. |
| 13 |
| Eƒe luʋɔ anɔ dzɔgbenyuie me, eye anyigba la anɔ viawo si me. |
| 14 |
| Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla. |
| 15 |
| Nye ŋkuwo li de Yehowa dzi daa, elabena eya aɖe nye afɔ le ɖɔ me. |
| 16 |
| Trɔ kɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, elabena metsi akogo, eye mele hiã ɖim. |
| 17 |
| Nye dzimexãxàwo do gã de dzi, dem tso nye hiãwo me! |
| 18 |
| Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem! |
| 19 |
| Kpɔ nye futɔwo ɖa, elabena wode ha, eye wolé fum ŋutasẽtɔe. |
| 20 |
| Dzra nye luʋɔ ɖo, eye naɖem, ŋu makpem o, elabena wòe mesi tso. |
| 21 |
| Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò. |
| 22 |
| Mawu, ɖe Israel tso eƒe xaxawo katã me! |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/025.mp3
150
25