Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha. Mi mawuviwo, mitsɔbubu kple ŋusẽ na Yehowa, Yehowa ye míatsɔe na! |
| 2 |
| Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu bubu nɛ; mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me |
| 3 |
| Yehowa ƒe gbe di ɖe tsiwo dzi; bubu ƒe Mawu la ɖe gbe, Yehowa ɖe gbe ɖe tsi gãwo dzi. |
| 4 |
| Yehowa ƒe gbe ɖi kple ŋusẽ, Yehowa ƒe gbe ɖi le ŋutikɔkɔe me. |
| 5 |
| Yehowa ƒe gbe ŋe seɖertiwo, ẽ, Yehowa ŋe Libanon ƒe sedertiwo. |
| 6 |
| Ena woti kpo abe nyivi ene, Libanon kple Sirion abe tòvi ene. |
| 7 |
| Yehowa ƒe gbe ke dzo mia. |
| 8 |
| Yehowa ƒe gbe na gbedzi ʋuʋu, Yehowa na Kades-gbedzi ʋuʋu. |
| 9 |
| Yehowa ƒe gbe na fu ɖu zinɔwo, eye wòkɔ avemetiwo ta; eye nusianu le gbɔgblɔm le eƒe gbeɖoxɔ me be: Bubu! |
| 10 |
| Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee. |
| 11 |
| Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ! |
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/029.mp3
150
29