Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha. |
| 2 |
| Mado wò ɖe dzi, Yehowa, elabena wòe hem ɖo goe, eye mèna be, nye futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o. |
| 3 |
| Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye. |
| 4 |
| Yehowa, wòe he nye luʋɔ tso tsiẽƒe, eye nègbɔ agbem tso amesiwo yi aʋli me la dome. |
| 5 |
| Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! |
| 6 |
| Elabena eƒe dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe. |
| 7 |
| Nyea megblɔ le nye dziɖeɖi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ gbeɖe o! |
| 8 |
| Yehowa, ètsɔ wò amenuveve li ke nye to zã. Esi nẽɣla wò ŋku me la, dzidzi ƒom. |
| 9 |
| Yehowa, wò yɔm mele; Yehowa, wòe mele koko ƒom na be: |
| 10 |
| Viɖe ka le nye ʋu ŋu, ne meyi aʋli me? Ɖe ʋuʋudedi akafu wò, eye wòaɖe gbe ƒã wò nuteƒewɔwɔa? |
| 11 |
| Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ! |
| 12 |
| Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam, |
| 13 |
| ne nye bubu nadzi kafukafuha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee! |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/030.mp3
150
30