|
| 1 |
|
| Dawid ƒe ha na henɔ la. |
|
| 2 |
|
| Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye la ɖem! |
|
| 3 |
|
| Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam! |
|
| 4 |
|
| Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye alé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta, |
|
| 5 |
|
| Àɖem le ɖɔ, si woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe! |
|
| 6 |
|
| Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ. |
|
| 7 |
|
| Melé fu amesiwo ku ɖe nu maɖinuwo ŋu la; ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. |
|
| 8 |
|
| Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta; |
|
| 9 |
|
| mètsɔm ɖe asi na futɔ la o, eye nèɖo nye afɔ teƒe keke. |
|
| 10 |
|
| Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi. |
|
| 11 |
|
| Elabena nye agbe nu yi le konyifafa me kple nye ƒewo le hũɖeɖe me; nye vodada na nye ŋusẽ nu tsi, eye nye ƒuwo nyunyɔ. |
|
| 12 |
|
| Mezu alɔmeɖenu na nye ketɔwo katã kple nye aƒelikawo vevie ŋutɔ; mezu bibi na nye ame nyanyɛwo, eye amesiwo kpɔam le kpɔdomee la, sina le nunye. |
|
| 13 |
|
| Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã. |
|
| 14 |
|
| Elabena mese ame geɖewo ƒe dalidodo be: „Ŋɔdzi nede to ɖee!“ Wode adaŋu kple wo nɔewo de ŋunye be, yewoaɖe nye agbe ɖa. |
|
| 15 |
|
| Ke nye la, ŋuwò meɖo ŋu ɖo, Yehowa; megblɔ be, nye Mawu nènye. |
|
| 16 |
|
| Asiwò me nye agbe me nyawo le, ɖem tso nye futɔwo kple yonyemetilawo si me! |
|
| 17 |
|
| Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye natsɔ wò amenuveve axɔ nam! |
|
| 18 |
|
| Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe! |
|
| 19 |
|
| Woade ga nu na aʋatsoka-nuyiwo, amesiwo gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu le ɖaɖa kple vloɖoɖo me. |
|
| 20 |
|
| Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wo la, esi nèɖe fia amesiwo si wò tso le amegbetɔviwo ŋku me la, sɔ gbɔ loo! |
|
| 21 |
|
| Eɣla wo ɖe wò ŋku me ƒe ɣaɣlɛƒe tso amewo ƒe aglãdzedzewo nu, eye nèɣla wo ɖe agbadɔ me tso aɖeʋawɔwɔ nu. |
|
| 22 |
|
| Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe amenuveve fiam nukutɔe le ɖu sesẽ me. |
|
| 23 |
|
| Esi dzi ɖe le ƒonye la, nyea megblɔ be: Woɖem ɖa le wò ŋku ta: ke èse nye kokoƒogbe, esi medo ɣli na wò. |
|
| 24 |
|
| Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo katã; Yehowa kpɔa anukwaretɔwo ta, ke eɖoa teƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ. |
|
| 25 |
|
| Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi amesiwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la! |
|
|
|
|