|
| 1 |
|
| Dawid tɔ, esime wòdo aɖaoatɔ eɖokui le Abimelex ŋku me, eye wònyãe wòdzo. |
|
| 2 |
|
| Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu ano nunya me ɖaa. |
|
| 3 |
|
| Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo aɖegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ. |
|
| 4 |
|
| Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi! |
|
| 5 |
|
| Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòdem tso nye ŋɔdziwo katã me. |
|
| 6 |
|
| Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o. |
|
| 7 |
|
| Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me. |
|
| 8 |
|
| Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe. |
|
| 9 |
|
| Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso. |
|
| 10 |
|
| Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o. |
|
| 11 |
|
| Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o. |
|
| 12 |
|
| Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi! |
|
| 13 |
|
| Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie? |
|
| 14 |
|
| Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o! |
|
| 15 |
|
| Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome. |
|
| 16 |
|
| Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. |
|
| 17 |
|
| Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi. |
|
| 18 |
|
| Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me. |
|
| 19 |
|
| Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi. |
|
| 20 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me. |
|
| 21 |
|
| Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔa ɖeke o. |
|
| 22 |
|
| Dzɔgbevɔ̃e wua eme vɔ̃ɖi le eye amesiwo lé fu ame dzɔdzɔe la la, woakpɔ woƒe dzidada tɔ nua. |
|
| 23 |
|
| Yehowa neɖe eƒe dɔlawo ƒe luʋɔ, eye amesiwo katã sii tso la, womakpɔ woƒe dzidada tɔ nua o. |
|
|
|
|