1
Aƒetɔ, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim la!
2
Tsɔ wò akpoxɔnu gãtɔ kple suetɔ, eye tso, nàkpe ɖe ŋunye!
3
Tsɔ wò akplɔ kple fía nuevee ɖe ame siwo le yonyeme tim la ŋu! Gblɔ na nye luʋɔ be: “Nyee aɖe wò!”
4
Na ŋukpe kple vlododo nava ame siwo le nye agbe yome tim la dzi! Na ame siwo le vɔ̃e bum ɖe ŋunye le tame la nagbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo neyi to!
5
Na woanɔ abe nutsro le ya nu ene, eye Aƒetɔ ƒe dɔla nenyà wo ɖe nu!
6
Na woƒe mɔ dzi nado viviti anɔ ɖiɖim, eye Aƒetɔ ƒe dɔla neyɔ wo ɖe nu.
7
Elabe nyemewɔ naneke hafi woɖo ɖɔ ɖi nam o; nyemewɔ naneke hafi woɖe ʋe ɖi na nye agbe o.
8
Na wo dome nagblẽ hafi woanya, eye na ɖɔ si woɖo la naɖe wo! Na woage dze eme atsrɔ̃!
9
Ekema nye luʋɔ atso aseye ɖe Aƒetɔ ŋu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe ŋu.
10
Nye ƒuwo katã agblɔ be: “O Aƒetɔ, ame kae ɖi wò? Wò ame si ɖea ame beli tso ame si sesẽ nɛ akpa la si me, ame beli kple hiãtɔ tso ame si da adzoe la si me?”
11
Ɖasefo siwo si susu vɔ̃e le la tso; wobia nu le nu siwo ŋu nyemenya naneke le o lam.
12
Woɖo vɔ̃, nyui teƒe nam; nye luʋɔ tsi asi.
13
Ke nye ya esime wodze dɔ la, meta akpanya. Mewɔ fu ɖokuinye kple nutsitsidɔ, eye mede mo to, do gbe ɖa,
14
abe xɔ̃nye alo nɔvinye ŋutsue mele fafam na ene; menɔa yiyim abe ame si le konyi fam na nɔa, ame si bɔbɔ le funyinyi me ene.
15
Ke esi mekli nu la, woƒo ƒu kpɔ dzidzɔ, woƒo ta kpli ɖe ŋunye; tekunɔ siwo nyemenya o la, gblẽ ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.
16
Wotsɔ ɖiŋudodo ɖu fewu le ŋunye zi geɖe, henɔa aɖukli ɖum ɖe ŋunye.
17
O Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣie nanɔ esia kpɔm? Ɖem, tso woƒe nuvuvu me, nye agbe tso dzatawo si me.
18
Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome; makafu wò le takpekpe gã la me.
19
Mègana ame siwo nye nye ketɔwo madzemadzee la natso aseye ɖe ŋunye o, eye mègana ame siwo lé fum dzodzro la namia ŋku ɖem o.
20
Elabe womedia ŋutifafa o, ke boŋ wotsiaa tre ɖe ame siwo li kpoo la ŋu le anyigba la dzi, eye ameblenya nɔa woƒe susu me.
21
Wokea nu baa ɖe ŋunye; hegblɔna be: “Ehɛ̃, ehɛ̃, míaƒe ŋkuwo kpɔe!”
22
O Aƒetɔ, èkpɔe, mègazi kpi o! O Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o.
23
Nye Mawu kple nye Aƒetɔ, ʋã ɖokuiwò, nànyɔ akpɔ eme nam; tso nàʋli tanye!
24
O Aƒetɔ, nye Mawu tso afia nam, le wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu, eye mègana woatso aseye le tanye o.
25
Mègana woagblɔ na wo ɖokui be: “Ehɛ̃, alea dim míaƒe dzi le” o. Mègana woagblɔ be: “Míemii” o.
26
Na ŋu nakpe ame siwo katã tso aseye le nye dzɔgbevɔ̃e ta, eye na woatɔtɔ! Na ŋukpe kple vlododo navu tsyɔ ame siwo le wo ɖokui dom ɖe dzi ɖe ŋunye la dzi!
27
Na ame siwo di be woatso afia nam la, nado ɣli akpɔ dzidzɔ, eye woanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: “Aƒetɔ, ame si kpɔa dzidzɔ ne nu nyo na eƒe dɔla la lolo loo!”
28
Ekema nye aɖe aƒo nu tso wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu, eye wòakafu wò ŋkeke blibo la.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014