Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Yehowa ƒe dɔla Dawid tɔ na henɔ la. |
| 2 |
| Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒe gbe le nye dzi me be: Mawu ƒe vɔ vɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na o. |
| 3 |
| Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui. |
| 4 |
| Eƒe nu me nya enye vovlo kple alakpa: edzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ. |
| 5 |
| Enɔa nu vlo ŋu bum le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui ɖoa mɔ, si menyo o la dzi, eye metsria nu vɔ̃ɖi o. |
| 6 |
| Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu. |
| 7 |
| Wò dzɔdzɔenyenye le abe Mawu ƒe towo ene, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ enye tɔ goglo; èxɔna na amegbelɔwo kple lãwo, wò Yehowa. |
| 8 |
| Mawu, wò amenuveve xɔ asi loo! Amegbetɔviwo be ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te. |
| 9 |
| Woɖi ƒo kple aƒewò me nu gbogboawo, eye nèkpe wò vivisese ƒe tɔsisi na wo wono ɖi kɔ. |
| 10 |
| Elabena gbɔwò agbedzɔƒe le, eye wò kekeli me míele kekeli kpɔm le. |
| 11 |
| Gblẽ wò amenuveve ɖe amesiwo nya wò la dzi kple wò dzɔdzɔenyenye ɖe amesiwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la dzi! |
| 12 |
| Dadalawo megate afɔ ɖe dzinye o, eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi meganyãm de gbe o! |
| 13 |
| Kpɔ ɖa, nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe afima, wotutu wo ƒu anyi, eye womagate ŋu afɔ o. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/036.mp3
150
36