|
| 1 |
|
| Dawid tɔ. Ɖzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o! |
|
| 2 |
|
| Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene. |
|
| 3 |
|
| Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! |
|
| 4 |
|
| Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò. |
|
| 5 |
|
| Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe. |
|
| 6 |
|
| Ahe wò dzɔdzɔenyenye ɖe go abe kekeli ene, kple wò nya dzɔdzɔe ɖe go abe ŋɖɔkutsu ene. |
|
| 7 |
|
| Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o! |
|
| 8 |
|
| Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge! |
|
| 9 |
|
| Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. |
|
| 10 |
|
| Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eleƒe la, màgakpɔe o. |
|
| 11 |
|
| Ke eme ɖihiãwo enyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. |
|
| 12 |
|
| Ame vɔ̃ɖi ɖoa vɔ̃ ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu, eye wòɖua aɖukli ɖe eŋu. |
|
| 13 |
|
| Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna. |
|
| 14 |
|
| Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la. |
|
| 15 |
|
| Ke woƒe yi aƒo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi, eye woƒe da aŋe. |
|
| 16 |
|
| Nu ʋee, si le ame dzɔdzɔewo si la, nyo wu ame vɔ̃ɖi geɖewo ƒe nu gbogboawo. |
|
| 17 |
|
| Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ aŋe, ke Yehowa léa ame dzɔdzɔewo ɖe le. |
|
| 18 |
|
| Elabena Yehowa nya ame maɖifɔwo ƒe ŋkeke, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbee. |
|
| 19 |
|
| Ŋu makpa wo le ŋkeke vɔ̃wo dzi o, eye woaɖi ƒo le dɔŋɔli. |
|
| 20 |
|
| Elabena ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃, eye Yehowa ƒe ketɔwo nu ayi abe lãnyiƒe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ene; wo nu ayi abe dzudzɔ ene. |
|
| 21 |
|
| Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o; ke ame dzɔdzɔe la vea ame nu, eye wonae nu ame. |
|
| 22 |
|
| Elabena amesiwo wòyra la, woanyi anyigba la dome, ke woatsrɔ̃ amesiwo wòƒo fi de la. |
|
| 23 |
|
| Yehowa lia ke ŋutsu ƒe afɔɖeɖe, nenye be, eƒe mɔwo dze eŋu. |
|
| 24 |
|
| Ne edze anyi la, made baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te. |
|
| 25 |
|
| Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. |
|
| 26 |
|
| Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra. |
|
| 27 |
|
| Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui, ekema ànɔ anyi tegbee. |
|
| 28 |
|
| Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo. |
|
| 29 |
|
| Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee. |
|
| 30 |
|
| Nunya le ame dzɔdzɔe la nu, eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe. |
|
| 31 |
|
| Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o. |
|
| 32 |
|
| Ame vɔ̃ɖi la ɖe xa di na ame dzɔdzɔe la, eye wòdi be, yeawui. |
|
| 33 |
|
| Ke Yehowa megblẽe ɖe esi me o, eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, mebua fɔe o. |
|
| 34 |
|
| Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe. |
|
| 35 |
|
| Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene. |
|
| 36 |
|
| Mete eŋu yi, eye kpɔ ɖa, megali o; medii, eye nyemekpɔe o. |
|
| 37 |
|
| Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si. |
|
| 38 |
|
| Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo. |
|
| 39 |
|
| Ke dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi me. |
|
| 40 |
|
| Yehowa dea wo dzi, eye wòɖea wo, eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye wòxɔna na wo, elabena wosinɛ tsona. |
|
|
|
|