EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| O Mawu, nye dzɔdzɔetɔ, ne meyɔ wò la, tɔ nam! Wòe xɔ nam esime hiã tum. Ve nunye, se nye gbedodoɖa! |
| 2 |
| Mi amegbetɔ viwo, ɣe ka ɣie miado vlo nye bubu ase ɖo? Ɣe ka ɣie mialɔ̃ nya dzodzrowo ase ɖo? Ɣe ka ɣie mianɔ aʋatso yome ase ɖo? |
| 3 |
| Ke minyae be Aƒetɔ tia mawumeme la na eɖokui; ne meyɔ Aƒetɔ la, esenɛ. |
| 4 |
| Mido dziku, ke migawɔ nuvɔ̃ o; mide ŋugble le miawo ŋutɔ ƒe dzime le miaƒe abawo dzi, eye miazi ɖoɖoe. |
| 5 |
| Misa vɔ siwo dze, eye miɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu. |
| 6 |
| Ame geɖewo gblɔ be: “O, ne míahakpɔ nu nyui aɖe ɖe! O Aƒetɔ, na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi!” |
| 7 |
| Wòe de dzidzɔ geɖe nye dzime wu wo, esime bli kple wain bɔ ɖe wo si la. |
| 8 |
| Mamlɔ anyi le ŋutifafa me, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me; elabe wò ɖeka, o Aƒetɔ, koe na mele dedie. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/004.mp3
150
4