Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Korax-viwo ƒe ha. |
| 2 |
| Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi. |
| 3 |
| Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la. |
| 4 |
| Mawu fia eɖokui le eƒe fiasãwo me abe sitsoƒe ene. |
| 5 |
| Elabena kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu, eye wa katã wova ɖe eŋuti. |
| 6 |
| Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi. |
| 7 |
| Wodzo nyanyanya le afima, eye ŋɔdzi lé wo abe nyɔnu, si le ku lém ene. |
| 8 |
| Etsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis-ʋuwo. |
| 9 |
| Míekpɔe le Yehowa Zebaot ƒe ɖu kple mía Mawu ƒe du la me, abe alesi míesee ene. Mawu ali kee tegbee. Sela. |
| 10 |
| Mawu, míele ŋku dom wò amenuveve dzi le wò gbedoxɔ titina. |
| 11 |
| Mawu, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenu abe wò ŋkɔ ke ene. Wò nuɖusi yɔ fũ kple dzɔdzɔenyenye. |
| 12 |
| Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta! |
| 13 |
| Mizɔ Zion ŋu godoo, miƒo xlãe va kpe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo! |
| 14 |
| Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo! |
| 15 |
| Elabena Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí vaseɖe ku me. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/048.mp3
150
48