|
| 1 |
|
| Korax-viwo ƒe ha na henɔ la. |
|
| 2 |
|
| Mi dukɔwo katã, mise esia, mi xexeametɔwo katã, miƒu to anyi, |
|
| 3 |
|
| mi hahooawo kple amegãviwo, mi kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa! |
|
| 4 |
|
| Nye nu agblɔ nunya, eye gɔmesese enye nye dzimesusuwo. |
|
| 5 |
|
| Maƒu to anyi ɖe abebubu ŋu, eye mato nye adzo ɖe saŋkuƒoƒo ŋu. |
|
| 6 |
|
| Nukaŋuti mavɔ̃ le dzɔgbevɔ̃eɣiwo me, ne nye adikãtɔwo ƒe vodada ɖe to ɖem? |
|
| 7 |
|
| Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi. |
|
| 8 |
|
| Amea ɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu, |
|
| 9 |
|
| — elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye aɖo kpoe tegbee, — |
|
| 10 |
|
| be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o. |
|
| 11 |
|
| Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo. |
|
| 12 |
|
| Wole tame enye be, yewoƒe xɔwo anɔ anyi tegbetegbe, yewoƒe nɔƒewo anɔ anyi na dzidzimewo katã, eye woyɔa woƒe ŋkɔwo ɖe anyigbawo ŋu. |
|
| 13 |
|
| Ke amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me la, mali ke o; esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee. |
|
| 14 |
|
| Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela. |
|
| 15 |
|
| Woyi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye ku nye wo kplɔla; ame dzɔdzɔewo nyã avuzi le wo dzi le ŋdi, eye woƒe nɔnɔme nyunyɔ, elabena tsiẽƒe zu woƒe nɔƒe. |
|
| 16 |
|
| Ke Mawu ade nye luʋɔ atso tsiẽƒe si me, elabena axɔm de eɖokui gbɔ. Sela. |
|
| 17 |
|
| Ne amea ɖe zu kesinɔtɔ, eye eƒe aƒe ƒe bubu dzi ɖe dzi la, megava o! |
|
| 18 |
|
| Elabena ne eku la, matsɔ nusiawo katã dometɔa ɖeke aɖo asi o, eye eƒe bubu makplɔe ɖo o. |
|
| 19 |
|
| Nenye be, eyra eɖokui le eƒe agbenɔɣi, eye wokafui be, ewɔ nyuie na eɖokui hã la, |
|
| 20 |
|
| ayi fofoawo ƒe ƒome, si megakpɔ kekeli kpɔ o la gbɔ. |
|
| 21 |
|
| Amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me, eye tagbɔ mele esi o la, esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee! |
|
|
|
|