Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ. |
| 2 |
| Yehowa, nye nyawo nede tome na wò, se nye hũɖeɖe, |
| 3 |
| eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. |
| 4 |
| Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm. |
| 5 |
| Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o. |
| 6 |
| Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã. |
| 7 |
| Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ. |
| 8 |
| Ke nyea mage ɖe aƒewò me le wò amenuveve geɖe la nu, eye mavɔ̃ wò ahade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe ta nu. |
| 9 |
| Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta; ta wò mɔ ɖe ŋgɔnye! |
| 10 |
| Elabena nya vavãa ɖeke mele woƒe nu me o, gbegblẽ le woƒe dzi me, woƒe veme enye yɔdo nuvo, eye wovivia nu me kple woƒe aɖe. |
| 11 |
| Mawu, bu fɔ wo! Woƒe adaŋudedewo netsɔ wo ƒu anyi, tu asi wo ƒu anyi le woƒe dzidada gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò! |
| 12 |
| Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo! |
| 13 |
| Yehowa, wòe yraa ame dzɔdzɔe, eye netsɔã amenuveve ƒoa xlãe abe akpoxɔnu ene. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/005.mp3
150
5