×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Psalmowo 54

1
Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ,
2
le esime Ziftɔwo va gblɔ na Saul bena: Menye Dawid ye nye esi ɣla ɖe mia gbɔ oa?
3
Mawu, tsɔ wò ŋkɔ xɔ nam, eye natsɔ wò ŋusẽ tso afia nam!
4
Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye nu me nyawo ŋu!
5
Elabena ame tovowo tso ɖe ŋunye, eye ŋutasẽlawo le nye ku dim. Wometsɔ Mawu ɖo ŋku me o. Sela.
6
Kpɔ ɖa. Mawua nye xɔnametɔ, Aƒetɔ la lé nye luʋɔ ɖe asi.
7
Vɔ̃ la agbugbɔ ayi nye ketɔwo dzi; tsrɔ̃ wo ɖa le wò nyateƒe la nu!
8
Lɔlɔ̃nu faa matsɔ asa vɔ na wòe, Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.
9
Elabena èɖem tso xaxawo katã me, eye nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo