|
| 1 |
|
| Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ. |
|
| 2 |
|
| Mawu, se nye gbedodoɖa, eye megaɣla dokuiwò ɖe nye kokoƒoƒo o! |
|
| 3 |
|
| Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem |
|
| 4 |
|
| le futɔ la ƒe gbe kple ame vɔ̃ɖi la ƒe ametete ɖe anyi ŋuti; elabena wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe dzinye, eye wolé tum le dziku me. |
|
| 5 |
|
| Nye dzi le dablihɛ ƒom le nye dɔ me, eye ku ƒe ŋɔdzidonamewo dze dzinye. |
|
| 6 |
|
| Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye nye lãme ble tu. |
|
| 7 |
|
| Mebe: Ao, ɖe wonye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afia ɖe! |
|
| 8 |
|
| Kpɔ da, didiƒe ʋi mebe, masi ayi, eye matsi gbedzi adɔ. Sela. |
|
| 9 |
|
| Mawɔ kaba asi le ya ʋuduʋudu kple ahom nu. |
|
| 10 |
|
| Tsrɔ̃ wo, Aƒetɔ, eye nate woƒe aɖe me ɖe eve, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple dzrewɔwɔ le dua me. |
|
| 11 |
|
| Woɖe to ɖee te woƒe gliwo dzi zã kple keli, eye gbegblẽ kple hiãkame le eme. |
|
| 12 |
|
| Gbegblẽ le eme, eye ŋutasesẽ kple amebaba mete ɖa le eƒe abla me o. |
|
| 13 |
|
| Ɖe wonye nye futɔe le vlo domem la, anye ne mado dzi atsɔe; ɖe wònye nye ketɔe le asi tɔm akɔ ɖe ŋunye la, anye ne mesi abe le enu. |
|
| 14 |
|
| Ke boŋ amegbetɔ, si mía kplii míele tasɔsɔ ɖeka me lae, xɔ̃nye kple nye ame nyanyɛ, |
|
| 15 |
|
| mí amesiwo dome nya viviwo le, eye míenɔa amehawo dome yia mawuƒe me lae. |
|
| 16 |
|
| Saɖagatsi nedze wodzi, woayi tsiẽ agbagbe, elabena vɔɖinyenye le wo nɔƒe, le woƒe dzi me. |
|
| 17 |
|
| Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam. |
|
| 18 |
|
| Mefa konyi, eye meɖe hũ le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ, eye wòɖo to nye gbe. |
|
| 19 |
|
| Eɖe nye luʋɔ tso amesiwo le tetem ɖe ŋunye la si me, eye wòna ŋunye fe; elabena amesiwo tso ɖe ŋunye la, sɔ gbɔ ŋutɔ. |
|
| 20 |
|
| Mawu asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, eya, amesi te fiazikpui dzi tso blema ke, Sela, wo, amesiwo tametɔtrɔa ɖeke meli na wo o, eye womevɔ̃a Mawu o. |
|
| 21 |
|
| Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla. |
|
| 22 |
|
| Eƒe nu me nya zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ abe notsi kpekẽ ene; aʋawɔwɔ le eƒe dzi me, eƒe nuƒoƒowo le bɔlɔbɔlɔ abe ami ene, ke yi, si wodi, wonye. |
|
| 23 |
|
| Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o. |
|
| 24 |
|
| Ke wò, Mawu, ãtsɔ wo aƒu gbegblẽ fe ɖo la me, ŋutsu hlɔ̃mewo kple alakpatɔwo manɔ woƒe agbe ƒe afã o; ke nyea mele ŋu ɖom ɖe ŋuwò! |
|
|
|
|