×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 62

1
Nye luʋɔ zi ɖoɖoe kpoo na Mawu ɖeɖe ko, le esi nu kpɔm; eya gbɔe nye xɔname tso.
2
Eya koe nye nye agakpe kple nye xɔname, nye mɔ́; nyemaʋã akpa o.
3
Va se ɖe ɣe ka ɣie mi katã miadze ame ɖeka dzi, be yewoagbãe abe gli si le mumum ene, abe kpɔ vuvu ene?
4
Ɖeko woɖoe be yewoatutui ƒu anyi tso eƒe ɖoƒe kɔkɔ la. Wokpɔa dzidzɔ le aʋatsokaka ŋu. Wokea nu yraa ame, ke woƒoa fi dea ame le dzime.
5
Nye luʋɔ zi ɖoɖoe kpoo na Mawu ɖeɖe ko, le esi nu kpɔm; elabe nye mɔkpɔkpɔ tso eyama gbɔ.
6
Eya koe nye nye agakpe kple nye xɔname, nye mɔ́; womaʋuʋum o.
7
Nye ɖeɖe kple bubu tso Mawu gbɔ. Nye agakpe sesẽ, nye sitsoƒe, nye Mawu.
8
Mi dukɔ la, miɖo dzi ɖe eŋu ɣeawo katã ɣi; migblɔ miaƒe dzimenyawo nɛ; Mawu nye sitsoƒe na mí.
9
Ame gblɔewo le ko abe yagbɔgbɔ ene, ame ŋkutawo nye ameflulawo; le nudanuwo dzi la, woyia dzi; wo kple eve la siaa le wodzoe wu yagbɔgbɔ.
10
Migaɖo dzi ɖe amebaba ŋu o, miaƒe mɔkpɔkpɔ dzodzro meganɔ adzodada ŋu o. Ne kesinɔnu dzi ɖe edzi la, migatsɔ miaƒe dzi ku ɖe eŋu o.
11
Mawu ƒo nu zi ɖeka, mesee zi eve be: Mawu tɔe nye ŋusẽ,
12
eye Aƒetɔ la tɔe nye amenuveve. Elabe wòe ɖoa eteƒe na amegbetɔ ɖe eƒe dɔwɔna nu.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes