Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi. |
| 2 |
| Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi. |
| 3 |
| Ale metsa ŋu na wò le kɔkɔeƒe la, be makpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe. |
| 4 |
| Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò. |
| 5 |
| Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me. |
| 6 |
| Nye luʋɔ aɖi ƒo, abe alesi woɖua ami kple lãmi ene, eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò. |
| 7 |
| Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le, |
| 8 |
| — elabena wòe nye nye kpeɖeŋutɔ, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mele aseye tsom le — |
| 9 |
| ekema nye luʋɔ kuna ɖe ŋuwò; wò nuɖusi vaam goŋgoŋ. |
| 10 |
| Ke woawo, amesiwo le nye luʋɔ dim, be yewoɔgblẽe la, woayi keke anyigba te ʋi ke. |
| 11 |
| Woatsɔ wo ade yi nu, eye woazu aboyonu na amegãxiwo. |
| 12 |
| Ke fia la akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ŋu, eye amesiame, si ka atam le egbɔ la, aƒo adegbe; elabena woate nu ɖe nu me na aʋatsokalawo. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/063.mp3
150
63