Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha. Ha na henɔ la. |
| 2 |
| Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na. |
| 3 |
| Eɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi. |
| 4 |
| Míaƒe vodadawo ɖo kpo ɖe mía dzi: ke ètsɔ míaƒe dzidadawo ke. |
| 5 |
| Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me. |
| 6 |
| Etsɔ nu dziŋɔwo ɖo to mí le wò dzɔdzɔenyenye la nu, míaƒe xɔname ƒe Mawu; wò amesi nye sitsoƒe na anyigba ƒe mlɔenuwo kple didiƒe ƒe atsiaƒuwo, |
| 7 |
| amesi li kè towo zã le wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzi, |
| 8 |
| amesi tsi ƒu me gbeɖeɖe, ƒutsotsoewo ƒe howɔwɔ kple dukɔwo ƒe dzidodo nu, |
| 9 |
| ne anyigba ƒe mlɔenulɔwo navɔ̃ wò dzesiwo; èna ŋdi kple fiẽ ƒe tsoƒe tso aseye. |
| 10 |
| Eɖo ŋku anyigba dzi, eye nède tsu wòwu ko nɛ, tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋu taŋ. Ena blii, eye ale nèwɔ anyigba lae enye si. |
| 11 |
| Ede tsi woƒe boliƒoivo, ègbã woƒe agble me nylglãwo hetsɔ tsidzadza bɔbɔwoe; èyra woƒe numiemiewo. |
| 12 |
| Etsɔ nu nyuiwo do atsyɔ̃ na ƒe la, eye wò afɔtoƒewo le ami dzim. |
| 13 |
| Lãnyiƒewo le gbegbe hã le ami tsyɔm, eye togbɛwo tsɔ aseyetsotso bla ali dzii. |
| 14 |
| Alẽwo yɔ lãnyiƒewo kpaŋ, eye bli do kpekpekpe ɖe baliwo me; wole aseye tsom le ha dzim. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/065.mp3
150
65