Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe konyifaha, si wodzi na Yehowa, le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta. |
| 2 |
| Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem, |
| 3 |
| ne womagalem avuvu abe dzata ene, eye xɔnametɔa ɖeke manɔ anyi o! |
| 4 |
| Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam, |
| 5 |
| eye mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye ŋu la, — eva wonye meɖe amesi lé fum yakatsyɔ la hafi — |
| 6 |
| ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela. |
| 7 |
| Tsi tre, Yehowa, le wò dɔmedzoe me; tso ɖe nye ketɔwoƒe agbodzedze ŋu, eye nadzɔ ŋunye, wò amesi ɖo ʋɔnudɔdrɔ anyi la! |
| 8 |
| Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo! |
| 9 |
| Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu! |
| 10 |
| Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna. |
| 11 |
| Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la. |
| 12 |
| Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa. |
| 13 |
| Ne amea de metrɔ tame o ta, enyrea eƒe yi, evua eƒe da me ɖi, eye wònɔa adeklo dzi. |
| 14 |
| Edzidzenɛ kple lãnuwo, eye wòdraa dzo eƒe aŋutrɔwo. |
| 15 |
| Kpɔ ɖa, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fu le eɖum; efɔ dzɔgbevɔ̃e ƒe fu, eye wòava dzi alakpa. |
| 16 |
| Eɖe ʋe, eye wòwlu eme, ke ege dze do, si wòɖe la me. |
| 17 |
| Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome. |
| 18 |
| Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye menyɔ Yehowa, dziƒoʋitɔ la, ƒe ŋkɔ. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/007.mp3
150
7