|
| 1 |
|
| Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! |
|
| 2 |
|
| Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye ɖem, eye na mado le eme; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye naxɔ nam! |
|
| 3 |
|
| Na woanye agakpeto nam, afisi masi ayi ɖaa; wò, amesi ɖo be, yeaxɔ nam; elabena nye agakpe kple nyee mɔ sesẽ nènye. |
|
| 4 |
|
| Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖi la si me, eye naɖem tso ame vlo la kple ŋutasẽla ƒe fego me! |
|
| 5 |
|
| Elabena wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke! |
|
| 6 |
|
| Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa. |
|
| 7 |
|
| Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ. |
|
| 8 |
|
| Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi. |
|
| 9 |
|
| Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o! |
|
| 10 |
|
| Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo |
|
| 11 |
|
| le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o! |
|
| 12 |
|
| Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, nye Mawu, netsɔ naxɔ nam! |
|
| 13 |
|
| Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la! |
|
| 14 |
|
| Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi daa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi. |
|
| 15 |
|
| Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o. |
|
| 16 |
|
| Mado kple Aƒetɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖeko mekafu. |
|
| 17 |
|
| Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi. |
|
| 18 |
|
| Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã! |
|
| 19 |
|
| Mawu, wò dzɔdzɔenyenye kɔ de dziƒo ke; wò amesi wɔ nu gãwo, Mawu, amekae ɖe nuwò ma? |
|
| 20 |
|
| Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii. |
|
| 21 |
|
| Adzi nye gãnyenye ɖe dzi, eye agafa akɔ nam. |
|
| 22 |
|
| Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ. |
|
| 23 |
|
| Nye nuyiwo kple nye luʋɔ, si nèɖe la, atso aseye, ne mele saŋku ƒom na wò. |
|
| 24 |
|
| Nye aɖe hã aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu daa; elabena ŋukpe le amesiwo di nye dzɔgbevɔ̃e la, eye woƒe mo tsi dã. |
|
|
|
|