Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Hadzidzi. Asaf ƒe ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ. |
| 2 |
| Wonya Mawu le Yuda, eƒe ŋkɔ lolo le Israel; |
| 3 |
| eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion. |
| 4 |
| Gama wòŋe aŋutrɔ, akpoxɔnu kple yi, eye wòna aʋawɔwɔ nu tsi le. Sela. |
| 5 |
| Eklẽ, eye ŋuwò kɔ wu blematowo. |
| 6 |
| Woha nu le kalẽtɔ dziƒowo ŋu, eye woyi alɔ̃ me ʋi; ŋutsuwɔlawo kalã meganya afika woƒe alɔ le o. |
| 7 |
| Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta. |
| 8 |
| Wò la, ŋɔdzi le ŋuwò, eye ameka anɔ te de nuwò, ne dzi ku wòa? |
| 9 |
| Ena wose wò afiatsogbe tso dziƒo; dzika tso anyigba ƒo, eye ɖoɖoe zi le eŋu; |
| 10 |
| esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela. |
| 11 |
| Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii. |
| 12 |
| Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le! |
| 13 |
| Amesi ŋea dàda nu na amegãwo, eye wòdzia ŋɔ na anyigba dzi fiawo. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/076.mp3
150
76