Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu. |
| 2 |
| Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu! |
| 3 |
| Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi! |
| 4 |
| Miku kpẽ le dzinu yeye dzi, eye ne dzinu sɔ tegblẽ le míaƒe ŋkekenyuieɖugbe! |
| 5 |
| Elabena esia nye ɖoɖo na Israel kple Yakob Mawu la ƒe kɔnu. |
| 6 |
| Esime wòho de Egipte-nyigba ŋu la, etsɔe wɔ see na Yosef. Gbe, si nyemenya o la, di mese be: |
| 7 |
| Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu. |
| 8 |
| Eyɔm le xaxa me, eye mexɔ na wò, meɖo to wò le dziɖegbelilikpo me, eye medo wò kpɔ le dzrewɔtsi la gbɔ. Sela. |
| 9 |
| Nye dukɔ, see; Israel, maxlɔ̃ nu wò, be aɖo tom loo! |
| 10 |
| Mawu tutɔa ɖeke meganɔ asiwo o, eye megado gbe ɖa na mawu bubuwo o! |
| 11 |
| Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi. Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò taŋ! |
| 12 |
| Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o. |
| 13 |
| Eyata meɖe asi le wo ŋu ɖe woƒe dzimesesẽ la me, ne woazɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu. |
| 14 |
| Oo, ɖe wònye ɖe nye dukɔ ɖo tom, eye Israel zɔ nye mɔwo dzi la, |
| 15 |
| anye ne asusɔ vie ko mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi, eye matrɔ nye asi ɖe wote ketɔwo ŋu; |
| 16 |
| anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee; |
| 17 |
| anye ne matsɔ tu ʋaʋa anyi woe, eye mana woaɖi ƒo kple kpeto me nyitsi. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/081.mp3
150
81