×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Psalmowo 82

1
Asaf ƒe ha. Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo dome.
2
Ɣekayi miadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ ase do, eye miade ame vɔ̃ɖi la dzi? Sela.
3
Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!
4
Mixɔ na ame tsɛwo kple ame dahawo, eye midu wo le ame vɔ̃ɖi la si!
5
Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.
6
Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye!
7
Ke miaku abe amegbetɔwo ene, eye miatsi aʋa abe amegãwo dometɔ ɖeka ene.
8
Mawu, tso, nadrɔ̃ ʋɔnu anyigba, elabena wòe nye dukɔwo katã ƒe domenyila!
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Save Notes