Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Mose, Mawu ƒe ame, ƒe gbedodoɖa. Aƒetɔ, sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime. |
| 2 |
| Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. |
| 3 |
| Wòe nana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna bena: Mitrɔ gbɔ, mi amegbetɔviwo! |
| 4 |
| Elabena ƒe akpe le ŋkuwò me ahe etsɔ ŋkeke, si nu va yi, kple ŋudzɔɣi le zã me ene. |
| 5 |
| Ekplɔ wo yii, alɔ̃dɔdɔ ko wonye; ŋdi la wodze abe gbe ene. |
| 6 |
| Ŋdi la eƒo se, eye wòdze, fiẽ la woyae, eye wòƒu. |
| 7 |
| Elabena wò dɔmedzoe na mía nu yi, eye wò dziku ɖe mi ɖa kple ŋɔdzi. |
| 8 |
| Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu. |
| 9 |
| Elabena miaƒe ŋkekewo katã nu yi le wò dziku la nu, míaƒe ƒewo vɔ ɖe mi abe ame ƒe ŋeŋe ene. |
| 10 |
| Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze. |
| 11 |
| Amekae dze si wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ kple wò dziku de alesi woavɔ̃ wò nui? |
| 12 |
| Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si! |
| 13 |
| Yehowa, trɔ kɔ dzro! Vaseɖe ɣekaɣie? Eye na wò dɔme natrɔ de wò dɔlawo ŋu! |
| 14 |
| Tsɔ wò amenuveve ɖi ƒo na mí le ŋdi, ekema míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le míaƒe ŋkekewo katã me! |
| 15 |
| Do dzidzɔ na mí ɖe ɣeyiɣi, si nète mí ɖe anyi, kple ƒe, siwo me dzɔgbevɔ̃e ɖi kpe mí la nu! |
| 16 |
| Na wo dɔwɔwɔ nadze na wò dɔlawo, eye wò atsyɔ̃ nanɔ viwòwo ŋu! |
| 17 |
| Ale Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe ɖɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mi, ẽ, míaƒe asinudɔwo wòana woayi dzi nyuie! |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/090.mp3
150
90