Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dzudzɔgbehadzidzi la. |
| 2 |
| Enyo be, woade akpe na Yehowa, eye woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ la, |
| 3 |
| woade gbe ƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me, |
| 4 |
| de kasaŋku ka ewo tɔ, saŋku kple gakasaŋku ƒe ɖiɖi ŋu. |
| 5 |
| Elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo. |
| 6 |
| Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ. |
| 7 |
| Gegeme menya esia o, eye bometsila medze sii o. |
| 8 |
| Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa. |
| 9 |
| Ke wò la èɖo kpo tegbee, Yehowa. |
| 10 |
| Elabena kpɔ da, wò futɔwo, kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ! |
| 11 |
| Ke ãkɔ nyea nye dzo ɖe dzi abe akpãgba tɔ ene, eye woakɔ ami yeye ɖe dzinye. |
| 12 |
| Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu. |
| 13 |
| Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene. |
| 14 |
| Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo. |
| 15 |
| Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama |
| 16 |
| ahaɖe gbe ƒãe be, Yehowa enye dzɔdzɔetɔ kple nye aga, si ŋu fɔɖiɖia ɖeke mele o. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/092.mp3
150
92