Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do! |
| 2 |
| Wò anyigba ƒe ʋɔnuɖrɔ̃la, kɔ ɖokuiwò dzi, eye naɖo dadalawo ƒe nuwɔwɔ teƒe na wo! |
| 3 |
| Ɣekaɣie, Yehowa, ɣekaɣi ame vɔ̃diwo atso aseye ase ɖo? |
| 4 |
| Wole nuƒoƒo yrom hele nya tovowo gblɔm; ame vɔ̃ɖiwo katã le ɖadzra ɖam. |
| 5 |
| Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, eye wole wò domenyinu la ɖe anyi, |
| 6 |
| wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye woɖo hlɔ̃ ɖe tsyɔeviwo ŋu |
| 7 |
| hele gbɔgblɔm be: Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la medze sii o! |
| 8 |
| Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya? |
| 9 |
| Eya, amesi wɔ to, ɖe mase nu oa? Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpa nu oa? |
| 10 |
| Eya, amesi hea to na dukɔwo, ɖe mahe to oa? Eya, amesi fia nunya amegbetɔwoa? |
| 11 |
| Yehowa nya amegbetɔwo ƒe susuwo be, dzodzro wonye. |
| 12 |
| Yehowa, woayra ŋutsu, si nèhe to na, eye nètsɔ wò se le fia nui, |
| 13 |
| ne nana gbɔdzɔe le dzɔgbevɔ̃eɣi, si me woɖea yɔɖo na ame vɔ̃ɖiwo ya. |
| 14 |
| Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la di o, |
| 15 |
| Elabena ʋɔnuɖɔɖrɔ̃ agatrɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la, aku ɖe eŋu. |
| 16 |
| Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye? |
| 17 |
| Ɖe menye Yehowa ye xɔ nam o la, anya ne eteƒe makpɔ adidi hafi ɖoɖoe nazi le nye luʋɔ ŋu le tsiẽƒe o. |
| 18 |
| Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. |
| 19 |
| Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ. |
| 20 |
| Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa? |
| 21 |
| Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ. |
| 22 |
| Ke Yehowa enye nye mɔ sesẽ, eye nye Mawu enye nye sitsoƒe ƒe aga. |
| 23 |
| Ana woƒe dzɔgbevɔ̃e natrɔ va wo dzi, eye wòatsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ atsrɔ̃ woe; Yehowa, mía Mawu la, atsrɔ̃ wo. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/094.mp3
150
94