Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa! |
| 2 |
| Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! |
| 3 |
| Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome! |
| 4 |
| Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta. |
| 5 |
| Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo. |
| 6 |
| Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la. |
| 7 |
| Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa! |
| 8 |
| Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe! |
| 9 |
| Mina atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me de ta agu de Yehowa ŋku me; anyigba wo katã, midzo nyanyanya! |
| 10 |
| Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe. |
| 11 |
| Dziƒo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe; |
| 12 |
| agble kple nusiwo katã le eme la, akpɔ dzidzɔ, emegbe avemetiwo katã atso aseye |
| 13 |
| le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/096.mp3
150
96