Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ! |
| 2 |
| Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ. |
| 3 |
| Dzo le yiyim le eŋgɔ, eye wòfiã eƒe futɔwo godoo va kpe. |
| 4 |
| Eƒe dzikedzowo klẽ ɖe xexea me; anyigba kpɔe, eye wòlulu. |
| 5 |
| Towo lólo abe anyigba ene le Yehowa ŋku me, le anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me. |
| 6 |
| Dziƒowo de gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. |
| 7 |
| Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ! |
| 8 |
| Zion see, eye dzi dzɔe, Yuda-nyɔnuvi tso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta, Yehowa. |
| 9 |
| Elabena wò Yehowa, ènye tatɔ le anyigba blibo la dzi, edo kpo ŋutɔ ɖe mawuwo katã dzi. |
| 10 |
| Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me. |
| 11 |
| Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la. |
| 12 |
| Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/097.mp3
150
97