Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya. |
| 2 |
| Yehowa lolo le Zion, eye wòɖo kpo de dukɔwo katã dzi. |
| 3 |
| Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe. |
| 4 |
| Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob. |
| 5 |
| Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe. |
| 6 |
| Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo. |
| 7 |
| Enɔ alilikpo dodo me ƒo nu kpli wo, wolé eƒe sewo me ɖe asi, eye wòde ɖoɖo asi na wo. |
| 8 |
| Yehowa, mía Mawu, èɖo to wo; Mawu, si tsɔna kena, nènye na wo, eye nèbiaa hlɔ̃ ɖe woƒe nu masɔmasɔ wɔwɔwo la. |
| 9 |
| Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe! |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/099.mp3
150
99